loader image
Give
  • blog

📖 YƆYƆ HENA ŊUĐOĐO ĐE MAWU ŊU

📖 YƆYƆ HENA ŊUĐOĐO ĐE MAWU ŊU

Highlight any text to read 😊

📜 "Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke mègaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò"
Lododowo 3:5-6 (BX).

📋 Enye nu si bɔ be woagblɔ be ame aɖe wɔ eɖokui wòzu ame si wònye elabe mexɔ kpekpeɖeŋu tso ame aɖeke gbɔ hafi kpɔ dzidzedze, eye wòzu bubume o. Ame siwo gblɔna be yewo ŋutɔe wɔ yewo ɖokui be yewo zu ame si yewonye la, ɖoa ŋu ɖe wo ɖokui ŋu.

Le egbe ƒe mawunya me la, agbalẽaŋlɔlaa gblɔ na viaŋutsu be megaŋlɔ yeƒe sewo kple nufiamewo be o, elabe ne elé wo me ɖe asi la, akpɔ amenuveve kple gɔmesese nyui le Mawu kple amegbetɔwo ŋku me. Mawu ƒe sewo kple nufiamewo me léle ɖe asi nye ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu ƒe dɔwɔna. Eya ta ede se be: "Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke mègaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.

Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò. "Ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu nana be míedinɛ, vevietɔ le hiãwo me. Ne míedii la, axɔ na mí eye wòaɖe mí tso ŋɔdzidonamenuwo katã me, elabe ame siwo katã sínɛ tsona la woƒe mo klẽna kple dzidzɔ (Psalmowo 34:4-5). Esia fia be ne míeɖo ŋu ɖe eƒe ŋutete ŋu be wòaxɔ na mí la, míaxa nu, eye ŋu makpe mí o.

Enye nyateƒe be woate ŋu aɖo dzi ɖe Mawu ƒe nya ŋu, elabe eɖee fia ɖikekemanɔmee be enye ame si wògblɔ be yenye-ate ŋu awɔ nu si ŋugbe wòdo. Eya ta ne èkpɔ ɖokuiwò le xaxa me la, ɖo ŋu ɖe eŋu ko, elabe enye ameɖodzideŋua.

🔑 Nusɔsrɔ̃ Vevitɔ: Mawu di tso mía si be míaɖo dzi ɖe ye ŋu, elabe yenye ame si dzi woate ŋu aka ɖo.

🛐 Ŋugbledede kple Gbedodoɖa: Aƒetɔ, kpe ɖe ŋunye be maɖo ŋu ɖe ŋuwò vevie le sitsoƒe didi me gbe sia gbe.

📚 Nuxexlẽ Bubuwo: Mose IV, 23:19; Hebritɔwo 11:6.

◼️ Biblia Xexlẽ le Ƒe Ɖeka me: Ruth 1-4.

0 0 votes
Article Rating
Subscribe
Notify of
guest

0 Comments
Oldest
Newest Most Voted